Matthew 16:21-28

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi gbãtɔ

(Marko 8:31—9:1; Luka 9:22-27)

21Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nusiwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo bena, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumemegãwo awɔ fu ye eye woawu ye gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, yeafɔ ɖe tsitre.

22Esi Yesu gblɔ nya sia vɔ la, Petro ɖe kpɔe, eye wògblɔ nɛ bena, “Mawu neɖe agba sia ɖa le dziwò, nu siawo madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o!”

23Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ bena, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm tso amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”

24Le esia megbe la Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonye me. 25Elabena ame si lɔ̃a eƒe agbe eye wòtia eƒe agbe yome le ŋutilã me la, abui; ke ame si ɖe asi le eƒe agbe ŋu fãa ɖe tanye la, akpɔ agbe mavɔ. 26Viɖe kae wòanye na mi nenye be xexeame katã zu mia tɔ gake agbe mavɔ la bu ɖe mi? Nu kae le xexe sia me si agasɔ kple agbe mavɔ? 27Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu. 28Eye mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la, anɔ agbe akpɔm mava kple nye Fiaɖuƒe la.”

Copyright information for EweBEE